Acts 20

Paulo gatrɔ yi Makedonia

1Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la eklã wo 2hedzo ɖo ta Hela nutome. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma. 3Paulo nɔ Hela nyigba dzi ɣleti etɔ̃ eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi ɖe Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia si le anyiehe gome la boŋ.

4Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Beroea, Aristaxo kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timotio, Tihiko kple Trofima ame siwo trɔ yina aƒe le Terki.

5Ame siwo katã do ŋgɔ na mí eye wonɔ mía lalam le Troa. 6Esime míeɖu ŋutitotoŋkekenyui la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi si le Hela nyigba la ƒe anyiehe gome eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kwasiɖa ɖeka.

Paulo fɔ Eutiko tso ku me le Troa

7Le Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. 8Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. 9Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla eye wòku enumake. 10Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpuia ɖe eƒe abɔwo me eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” 11Le nyateƒe me la, ɖekekpuia gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. 12Wo katã gatrɔ yi dziƒoxɔa dzi eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le eya megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ.

Paulo kla Efeso hame la

13Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. 14Eva tu mí le afi ma eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. 15Tso afi ma mieve to Kio ŋu, va to Samo eye mlɔeba la míeva ɖo Mileto le ŋufɔke.

16Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o elabena edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. 17Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋua me. 18Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nutowo me va se ɖe fifia. 19Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple aɖatsiwo me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” 20Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. 21Nya ɖeka ma ke koe megblɔ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa be, ehiã be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.

22“Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hem yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. 23Nu si ko Gbɔgbɔ la gblɔ nam le du sia du mee nye bena, fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. 24Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖe ko mewɔ eŋutidɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam. Dɔae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ gã ŋuti.”

25“Azɔ menyae nyuie be, mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ eye mefia nyanyui la mi la dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ le agbe sia me o. 26Medi be magblɔ na mi kɔtee be, womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, 27elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. 28Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie eye mikpɔ egbɔ be mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi hadzikpɔlawoe. 29Menya nyuie be ne metrɔ megbe ko la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia me abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea ŋu. 30Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubui be amewo nadze yewo yome. 31Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.”

32“Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe nya ana be miaƒe xɔse nali ke be wòakpɔ mia ta eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. 33Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. 34Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. 35Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ahetɔwo ŋui la mi elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vanɛ wu nuxɔxɔ.’”

36Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. 37Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyui nɛ kple avi, 38vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋua me ke.

Copyright information for EweBEE